Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 1:2 - Agbenya La

2 Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke anyigba le nyama, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la ŋku me, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le agba sam le tsia dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 1:2
17 Mawu Ofanana  

Esiawoe nye eƒe dɔwɔwɔwo ƒe sue aɖe ko eye aleke dalĩ si wodo le eŋuti miese la le bɔlɔe ale! Eya ta ame kae ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?”


Ekeke dzigbeme ƒe lilikpowo ɖe teƒe siwo naneke mele o eye wòna anyigba le yame, naneke melée ɖe asi o.


esi metsɔ lilikpo wɔ eƒe awudodoe heblae ɖe viviti tsiɖitsiɖitsiɖi me,


Egblẽa mɔ si le dzo dzam la ɖe emegbe eye wòtrɔa atsiaƒu wòzua futukpɔ ɣi, ale nàbu be atsiaƒua ɖe wòƒo wɔ ene.


Ne èdɔ wò Gbɔgbɔ ɖa la, wodzɔna, eye nèwɔa anyigba ƒe ŋkume yeyee.


Ètsɔ gogloƒewo tsyɔ nɛ abe avɔ ene, eye tsiawo tɔ ɖe toawo tame.


Ame si keke anyigba ɖe tsiwo dzi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Mikafu Yehowa tso anyigba, mi nuwɔwɔ gã siwo le atsiaƒu me kple gogloƒewo katã.


Yehowa ƒe nya wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe numegbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋuti nuwoe.


Wodzim esime atsiaƒuwo menɔ anyi o, eye vudo siwo dzia tsi fũu la hã menɔ anyi o.


Abe ale si xeviwo saa agbae le yame ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsyɔ nu Yerusalem dzie ahaxɔ nɛ. Ato etame ayi eye wòaɖee.”


elabena ale Yehowa, ame si wɔ dziƒo, eye wònye Mawu, ame si wɔ anyigba, eye wòna wòva dzɔ, meyɔe be wòatsi gbɔlo o, ke boŋ ewɔe be nuwo nanɔ edzi. Eyae gblɔ be, “Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.


Metsa ŋku le anyigba dzi, ele nyamaa, le ƒuƒlu. Mewu mo dzi kpɔ dziƒo gake woƒe kekeli megali o.


Woɖi gbɔlo dua keŋkeŋ, wohae eye woɖe amae. Amewo ƒe dzi gbã, klowo le ƒoƒom kpakpakpa, ameti blibo la le dzodzom nyanyanya, eye ŋkume sia ŋkume afu tititi.


Mawu ame si gblɔ be, “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.


Ekeke eƒe aʋala ɖe edzi abe ale si hɔ̃ wɔna na viawo, kɔa wo ɖe eƒe aʋalã dzi, abe ale si Yehowa wɔna na viawo ene!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa