Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 1:16 - Agbenya La

16 Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete Mawu wɔ nu keklẽ gã eveawo. Ewɔ gãtɔ, bena woaɖu ŋkeke dzi, kple suetɔ, bena woaɖu zã dzi, hekpe ɖe ɣletiviwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 1:16
22 Mawu Ofanana  

eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema.


nenye ɖe mede bubu ɣe ŋuti le ale si wòle keklẽm alo ɣleti le ale si wòle yiyim kple atsyɔ̃,


esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekae eye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli?


Ɣe kple ɣleti nekafui, mikafui, mi ɣletivi keklẽwo.


Wo katã nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eɖe gbe, eye wova dzɔ.


Ɣe dzena tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi, eye wòzɔna yia go kemɛ dzi, naneke meɣla ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.


Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe; wòe wɔ ɣe kple ɣleti.


Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo, ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo, nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la,


Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o.


Ŋu akpe ɣe, eye ɣleti ƒe mo awɔ yaa, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖu fia le ŋutikɔkɔe me le Zion to la dzi kple Yerusalem le eƒe dumegãwo ŋkume.


Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame ka wɔ nu siawo katã? Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka, eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta, mena ɖeke bu le wo dome o.


Nyee na kekeli dona. Nyee wɔ viviti. Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ. Nye Yehowae wɔ esiawo katã.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, ame si ɖoe na ɣe be wòaklẽ le ŋkeke me, ame si ɖe gbe na ɣleti kple ɣletiviwo be woaklẽ le zã me, ame si blu atsiaƒu be eƒe tsotsoewo nadze agbo, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.


Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo nɔƒe le dziƒo esi wokpɔ wò aŋutrɔ bibiawo kple wò akplɔ si le dzo kem miamiamia.


“Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la, “ ‘Ɣe ado viviti, eye ɣleti hã magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo, eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’


Le ŋdɔ ma la, zãdokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.


Ŋutikɔkɔe aɖe ƒomevi le ɣe si, eye ŋutikɔkɔe ƒomevi bubu le ɣleti kple ɣletiviwo hã si eye ɣletiviwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le nyonyo kple keklẽ me.


Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o.


Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ nɛ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa