Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 1:11 - Agbenya La

11 Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Mawu gblɔ be: Anyigba nemie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku, kple ati tseku, siwo tsena wo tɔ wo tɔwoe, esiwo me ku le, le anyigba la dzi. Eye wòva me nenema.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 1:11
20 Mawu Ofanana  

Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo.


Mawu gagblɔ be “Metsɔ nu miemie siwo tsea ku le anyigba blibo la dzi kple ati tsekuwo na mi abe miaƒe nuɖuɖu ene.


Yehowa Mawu de se na ame la be, “Èkpɔ mɔ aɖu ati sia ati le abɔ sia me,


Do ŋgɔ la, atiwo kple gbewo memie ɖe anyigba dzi haɖe o, elabena Yehowa Mawu meɖo tsidzadza ɖa haɖe o, eye ame aɖeke hã menɔ anyi ade agble ɖe anyigba la dzi o.


Yehowa Mawu do ati siwo nya kpɔna la ƒomeviwo katã ɖe abɔ la me. Ati siawo tsea ku viviwo. Agbeti kple ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina.


Anyigba si me wokpɔa nuɖuɖu tsonae lae wotrɔ le tome abe dzo me wòto ene.


Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to, esi tsea ku le etseɣi, melũa xe o, eye nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.


Etsɔa lilikpo xea yamee, eye wònana tsi dzana ɖe anyigba la dzi hewɔnɛ be gbe miena ɖe togbɛwo dzi.


Elabena abe ale si nuku mienae ene kple agble si dzi woƒã nu ɖo nana nuku la tsinae ene la, nenemae Aƒetɔ Yehowa ana be dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋkume.


Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to, eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene. Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la, mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi. Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.”


Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la, woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia atiwo ƒe kewo dzi: ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe aƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.


Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo?


Gbã la, aŋgba fɛ̃wo do tso anyigba ƒe tu me, emegbe la, nuku la ƒo se, eye mlɔeba la, etse ku.


Emegbe la, Mawu naa dzedzeme nyui yeye aɖee; nɔnɔme si eya ŋutɔ di be wòanɔ esi. Ati bubu ƒomevi doa go tso nuku ɖe sia ɖe ƒomevi me.


Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe, eye wòwɔa nuku nyuie na agbledela siwo ŋlɔa anyigba la xɔa yayra tso Mawu gbɔ.


Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amikutsetsewo alo wainka ate ŋu atse gbowoa? Gbeɖe, dzetsivudo hã mate ŋu adzi tsi vivi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa