Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba.
Ezra do gbe ɖa be, “O! Yehowa, wò ɖeka koe nye Mawu. Wòe wɔ dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo, anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me. Wòe kpɔa wo katã dzi, eye wòe mawudɔlawo katã subɔna.
elabena le ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adrelia gbe, eya ta Yehowa yra Dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.
Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame ka wɔ nu siawo katã? Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka, eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta, mena ɖeke bu le wo dome o.
Ale Yehowa, Mawu, ame si wɔ dziƒo, eye wòhe eme, ame si keke anyigba kple nu siwo katã doa go tso eme, ame si na agbegbɔgbɔ edzinɔlawo, eye wòna agbe ame siwo zɔna le edzi la gblɔe nye esi.
elabena ale Yehowa, ame si wɔ dziƒo, eye wònye Mawu, ame si wɔ anyigba, eye wòna wòva dzɔ, meyɔe be wòatsi gbɔlo o, ke boŋ ewɔe be nuwo nanɔ edzi. Eyae gblɔ be, “Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.
Nu ka ta nèŋlɔ Yehowa, wò Wɔla, si keke dziƒowo me, eye wòɖo anyigba ƒe agunu anyi la be? Nu ka ta ŋɔdzi léa wò gbe sia gbe le ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe ta, ame si ɖoe kplikpaa be yeagblẽ nu? Afi ka ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe la le azɔ?
Metsɔ nye nyawo de nuwò, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te. Nye ame si tsɔ dziƒowo ɖo wo teƒe heɖo anyigba gɔme anyi, eye megblɔ na Zion be, ‘Nye dukɔ nènye.’ ”
Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do gbe ɖa be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖe xexe sia me ƒe nunyala gãwo, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene la.
elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi meva kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexea me va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi hã mava ɣe aɖeke ɣi le esia megbe o.
“Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ, eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la boŋ.
“Mawu siae wɔ xexea me kple nu siwo katã le eme, eye wònye dziƒo kple anyigba ƒe aƒetɔ na nu sia nu. Esia ta menɔa gbedoxɔ si amewo tsɔ asi tui la me o,
ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe.
Nu si li tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke, nu si ŋkɔ míese, eye míekpɔ. Nu si míekpɔ kɔtɛe kple míaƒe ŋkuwo, eye míawo ŋutɔ míeka asi eŋu la, eya ƒe nya míele gbeƒã ɖem na mi be eyae nye Agbenya la.
eye wòyɔ eya ame si nɔ agbe tegbetegbe, ame si wɔ dziƒowo kple nu siwo katã le wo me, anyigba kple nu siwo le edzi kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la ƒe ŋkɔ heka atam be, “Heheɖemegbe aɖeke maganɔ anyi o!
Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye Alfa kple Omega, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me femaxee.
“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla, Nya siawo tso ame si nye Amen, ame si nye ɖaseɖila, nuteƒewɔla kple anukwaretɔ, ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la gbɔ.