Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 9:18 - Agbenya La

18 Wodae ɖe Fia ƒe Agbo nu le ɣedzeƒe va se ɖe egbe. Ame siawoe nye agbonudzɔlawo tso Levitɔwo dome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ele fia ƒe agbo nu le ɣedzeƒe gome vaseɖe fifi. Amesiawo nye Lewi-viwo ƒe asaɖa ƒe agbonudzɔlawo.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 9:18
11 Mawu Ofanana  

nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, Fia la ƒe ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku.


Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, to dzɔlawo ƒe aƒe ŋu heyi fiasã la me eye fia la nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi.


Le bubudede Asiria fia ŋu ta la, Israel fia na woɖe Dzudzɔgbe ƒe agbadɔ si le gbedoxɔa me la ɖa eye wòna woɖe mɔnu tɔxɛ si fiawo tona gena ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la hã ɖa.


Agbonudzɔlawoe nye: Salum, Akub, Talmon, Ahiman kple wo nɔviwo. Salum nye woƒe tatɔ.


Salum ƒe dzidzime to Kore kple Ebiasaf dzi va se ɖe Korah dzi. Eya kple nɔviawo, Korah ƒe viwoe kpɔa vɔsawo kple Kɔkɔeƒe la dzi abe ale si wo fofowo kpɔ agbadɔ la dzi eye wodzɔ eŋu ene.


Mekplɔ wo va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee eye míege ɖe Mawu ƒe ame, Igdalia ƒe vi, Hanan ƒe viŋutsuwo ƒe xɔ me enye xɔ si te ɖe dɔdzikpɔlawo ƒe xɔ ŋu eye wòle agbonudzɔla, Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ tame.


Azɔ la, ŋutsu la gbugbɔm va kɔkɔeƒe la ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Wotui.


Ŋutsu si woyɔ dɔe la mía eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu kplikplikpli va ge ɖe gbedoxɔ la ƒe akpa si woyɔna be, Solomo ƒe Akpata la me, eye ameha la ƒo zi va wo gbɔ eye woƒe nu ku.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa