Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 6:3 - Agbenya La

3 Amram ƒe viwoe nye: Aron, Mose kple Miriam. Aron ƒe viwoe nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Kehat viwo nye: Amram, Yizxar, Xebron kple Uziel.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 6:3
18 Mawu Ofanana  

eye ame alafa ɖeka wuieve (112) siwo nu, Aminadab nɔ la tso Uziel ƒe viwo dome.


Wogama Kohat ƒe viwo ƒe hlɔ̃wo ɖe akpa ene me eye wotsɔ Kohat ƒe viwo ƒe ŋkɔwo na wo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.


Amram ƒe viwoe nye Aron kple Mose. Wotia Aron kple viawo da ɖi hena nuwo ŋu kɔkɔ kple vɔsasa le Yehowa ŋkume. Aron subɔna le Yehowa ŋkume eye wòyraa ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣeawo katã ɣi.


Yahat nye Izhar ƒe dzidzimevi to Selomot dzi;


Kohat ƒe viwoe nye: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.


Aron ƒe vi tsitsitɔwo ƒe dzidzimeviwoe nye: Eleazar si dzi Finehas, ame si dzi Abisua,


Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe.


Ena vidzĩ la nɔvinyɔnu nɔ adzɔge vie ale be wòakpɔ nu si ava dzɔ ɖe ɖevi la dzi.


Vidzĩ la nɔvinyɔnu te ɖe fiavinyɔnu la ŋu, eye wòbiae be, “Mayi ɖayɔ Hebri nyɔnuawo dometɔ ɖeka wòanyi ɖevi sia na wòa?”


Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron, Nadab kple Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadre, eye mialia to la. Ame mamlɛawo anɔ adzɔge, eye woasubɔm.


“Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene.


Amram ɖe Yoxebed, fofoa nɔvinyɔnu; wo viwoe nye Mose kple Aron. Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137).


Aron ɖe Eliseba, Aminadab ƒe vinyɔnu kple Nahson nɔvinyɔnu. Wo viwoe nye, Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar.


Ke Aron ƒe viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, ɖe dzo makɔmakɔ ɖe woƒe dzudzɔdosonuwo me, ɖe dzudzɔdonu kɔ ɖe dzo la dzi, eye wodo dzudzɔ na Yehowa. Nu sia mesɔ ɖe se si Yehowa de na wo la dzi o,


Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve siwo susɔ, Eleaza kple Itamar be, “Mitsɔ nuɖuvɔsa si susɔ esi woɖe wɔ asiʋlo ɖeka le eŋu na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi; miakpɔ egbɔ be amɔʋãtike mele eme o, eye miaɖui le vɔsamlekpui la gbɔ. Vɔsa sia nye nu kɔkɔe,


Mose di gbɔ̃tsu si wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la le afi sia afi. Eva dze sii be wotɔ dzoe xoxo! Nu sia na wòdo dɔmedzoe vevie ɖe Eleaza kple Itamar, Aron ƒe viŋutsu eve siwo susɔ la ŋu.


Elabena nyee kplɔ wò tso Egipte eye meɖe wò tso kluvinyenye me. Medɔ Mose, Aron kple Miriam be woakplɔ mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa