Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 5:22 - Agbenya La

22 Woƒe futɔ geɖewo ku le aʋa la me elabena Mawu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ale Ruben ƒe dzidzimeviwo nɔ Hagritɔwo ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Elabena woda nu ame geɖewo woku, elabena aʋa la tso Mawu gbɔ̃; eye wono wo, teƒe vaseɖe aboyoɖeŋɔli.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 5:22
11 Mawu Ofanana  

“Adzoblasuwo ƒe ha adze Gad dzi, ke eya anya wo ɖe du nu.


Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria.


Mlɔeba la, le Hosea ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, Asiriatɔwo xɔ Samaria. Woɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe Hala du la me, bubuwo nɔ duwo me le Habor tɔsisi la ŋu le Gozan eye mamlɛawo nɔ Mediatɔwo ƒe du me.


Ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ da ɖi la va le Yuda Fia Hezekia ƒe fiaɖuɣi. Woho aʋa ɖe Hamitɔwo ŋu le woƒe nɔƒewo nenema ke nye Meunitɔ siwo nɔ afi ma eye wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si wòle dzedzem egbe ene. Wonɔ woƒe nɔƒe elabena lãnyiƒe nɔ afi ma na woƒe lãhawo.


Woƒe afunyinuwo nye kposɔ akpe blaatɔ̃ (50,000), alẽ akpe alafa eve blaatɔ̃ (250,000), tedzi akpe eve (2,000) kple ame akpe alafa ɖeka (100,000).


Esia ta Israel ƒe Mawu na Asiria fia Pul (ame si wogayɔna be Fia Tilgat Pilneser Etɔ̃lia la), ho aʋa ɖe wo ŋu eye wòɖe aboyo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe hlɔ̃ afã me tɔwo. Wokplɔ wo yi Hala, Habor, Hara kple Gozan tɔsisi la to, afi si wole va se ɖe egbe.


Elkana, Zofai, Nahat,


Mawu kpe ɖe eŋu, menye le aʋawɔwɔ kple Filistitɔwo ɖeɖe ko me o, ke boŋ le aʋa siwo wòwɔ kple Gur Baal ƒe Arabiatɔwo kple Meunitɔwo hã me.


Aʋakɔ gã aɖe le esi, eƒe aʋawɔlawo katã nye amegbetɔwo ko, ke míawo ya la, Yehowa, míaƒe Mawu, le mía dzi eye wòawɔ míaƒe aʋa na mí.”


Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu?


Mia dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe te ŋu nya futɔ akpe ɖeka ɖe du nu, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la wɔa aʋa na mi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa