Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 5:1 - Agbenya La

1 Esiawoe nye Ruben ƒe viŋutsuwo. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Togbɔ be eyae nye ŋgɔgbevi hã la, eƒo ɖi fofoa ƒe srɔ̃ɖeba eya ta woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel ƒe vi, Yosef ƒe viŋutsuwo. Esia tae womeŋlɔ eƒe ŋkɔ be eyae nye ŋgɔgbevi le dzidzimegbalẽ la me abe ale si wòle be wòanɔ ene o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Israel ŋgɔgbevi Ruben ƒe viwo; elabena eya nye ŋgɔgbea, ke esi wògblẽ kɔ ɖo na fofoa ƒe aba la, wotsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye na Israel vi Yosef ƒe viwo, ke ɖeko womeŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖi abe ŋgɔgbeawo ene o.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 5:1
23 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ nɛ be, “Viŋutsu eve siwo le dɔ me na wò la azu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu evelia, eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ.”


Yakob ɖo eŋu be, “Enyo, ekema tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye nam, eye nàxɔ akplẽdzĩ la.”


Ale Lea fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Ruben si gɔmee nye “Yehowa kpɔ nye xaxa,” elabena egblɔ be, “Yehowa kpɔ nye xaxa; azɔ la, srɔ̃nye alɔ̃m.”


Esi wònɔ afi ma la, Ruben dɔ kple fofoa ƒe kosi, Bilha, eye ame aɖe fi tofi na Israel. Yakob ƒe viŋutsu wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:


Israel alo Yakob ƒe viwo kple eƒe tɔgbuiyɔvi siwo yi Egipte kplii la woe nye: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ.


Azɔ le viwò eve siawo, Efraim kple Manase, ame siwo wodzi le Egiptenyigba dzi hafi meva la, mele woawo ya xɔm abe nye ŋutɔ vinyewo ene, eye woanyi nye dome abe Ruben kple Simeon ke ene.


Esiawoe nye Israel ƒe viŋutsuwo: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon,


Hosa, ame si tso Merari ƒe viwo dome la, tia Simri tso viawo dome abe tatɔ ene togbɔ be menye eyae nye tsitsitɔ o hã.


Ame siwo nye ƒometatɔ na Israel ƒe to vovovoawoe nye: Ruben, Israel ƒe viŋutsu tsitsitɔ ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron, Karmi. Esiawoe nye Reuben ƒe towo.


alo fofoa srɔ̃ bubuawo dometɔ aɖeke o.


“ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.


“Ŋutsu siwo akpe ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔwoe nye: “Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me.


Gbe ɖeka la, Korah, Izhar ƒe viŋutsu kple Kohat ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si nye Levi ƒe dzidzimevi la wɔ ɖoɖo kple Datan kple Abiram, ame siwo nye Eliab ƒe viŋutsuwo kple On, Pelet ƒe viŋutsu. Ame etɔ̃ siawo katã tso Ruben ƒe to la me.


Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Ruben ƒe viwoe nye Hanok, ame si dzi Hanok hlɔ̃ la. Palu, ame si dzi Palu hlɔ̃ la,


Busunya si dzɔ le mia dome lae nye be miele ahasi wɔm. Nya sia ɖi hoo, eye ame sia ame le nu ƒom le eŋu. Nu sia nye busunu ale gbegbe, elabena medzɔna le trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dome o.


Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ hã.”


“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ahasi kple fofoa srɔ̃wo dometɔ ɖeka la dzi, elabena fofoa tɔe.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”


Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.”


Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu wɔ nu sia nu, eye le nyateƒe me la,


Kaleb nɔ ŋgɔ na ame dɔdɔ aɖewo tso Yuda ƒe to la me, eye wova Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb Kenizitɔ gblɔ na Yosua be, “Èɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Mose tso nye kple wò ŋu esime míenɔ Kades Barnea la dzia?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa