Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 3:2 - Agbenya La

2 Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ. Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi; enelia nye Adoniya, Xagit ƒe vi;

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 3:2
20 Mawu Ofanana  

Nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Absalom, David ƒe viŋutsu si. Eŋkɔe nye Tamar eye eƒe nu nyo David viŋutsu bubu si woyɔna be Amnon la ŋu, evɔ Amnon kple Tamar nye atsusiviwo.


Absalom si yi Gesur eye wònɔ afi ma ƒe etɔ̃.


Ale Yoab yi Gesur eye wòkplɔ Absalom gbɔ va Yerusalem.


Absalom ɖo eŋu be, “Elabena medi be nàbia fia la nam be, nu ka ta wòkplɔm gbɔe tso Gesur ne medi be yeakpɔm o? Anye ne manɔ afi ma hafi. Na maƒo nu kple fia la eye ne ekpɔ be mewu ame la, wòawum.”


Esi wò subɔla nɔ Gesur le Aram la, meɖe adzɔgbe be, ‘Ne Yehowa akplɔm maɖo Yerusalem la, masubɔ Yehowa le Hebron.’ ”


Yoab gblɔ be, “Migagblẽ ɣeyiɣi nam o.” Tete wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi eye wòtsɔ wo nyrɔ ɖe Absalom ƒe dzi gbɔ, le esime wònɔ nyenyem segblesegble le logoti la ƒe alɔdze ŋu.


Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe.


Fia la de asi avifafa me enumake. Eyi eƒe xɔ me le xɔ tame. Efa avi hegblɔ be, “Oo, vinye Absalom, vinye, vinye Absalom, ɖe maku ɖe nuwò hafi! Oo, Absalom, vinye, vinye!”


Via ŋutsu eveliae nye Kileab, ame si Abigail, Nabal, Karmeltɔ la ƒe ahosi dzi nɛ. Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ.


Eneliae nye Adoniya, ame si Hagit dzi nɛ. Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital


Le ɣeyiɣi ma me la, David ƒe viŋutsu, Adoniya, ame si dadae nye Hagit la ɖo be yeatsɔ ye ɖokui aɖo fiae ɖe ye fofo amegãɖeɖi la teƒe. Ale wòdi tasiaɖamwo kple sɔdolawo kple ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le fia la ŋgɔ la na eɖokui.


Azɔ fofoa, David, mehe nya ɖe eŋu kpɔ alo he to nɛ kpɔ le eƒe agbe me o. Enye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe eye eyae dzɔ ɖe Absalom yome.


Fia Solomo ɖo ŋu na dadaa be, “Nu ka ta nèle Abisag, Sunami nyɔnu la biam na Adoniya ɖo? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab si nye Zeruya ƒe vi la elabna fonyee.”


(Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.) Ame siawo katã nye Makir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo.


Esiawoe nye David ƒe viŋutsu siwo wodzi nɛ le Hebron: Tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel. David ƒe vi eveliae nye Daniel eye dadae nye Abigail tso Karmel.


Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.


Ke Israelviwo menya Gesuritɔwo alo Makatitɔwo o, eya ta wogale Israelviwo dome va se ɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa