Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 3:16 - Agbenya La

16 Ame siwo ɖu fia ɖe Yehoyakim yome la woe nye, Yehoyatsin si nye Yehoyakim vi kple Zedekia.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Yoyakim viwo nye: Yexonya, eya ƒe vi nye Zedekiya.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 3:16
12 Mawu Ofanana  

Babilonia fia tsɔ Fia Yehoyatsin ƒe nyruiyɔvi, Matania ɖo fiae eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Zedekia.


Esi Yehoyakim ku la, via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe.


Yehoyatsin xɔ ƒe wuienyi esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadae nye Nehusta, Elnatan ƒe vinyɔnu. Etso Yerusalem


Esi Evil Merodak, ame si wogayɔna be Awel Marduk zu fia le Babilonia la, ekpɔ nublanui na Yuda fia, Yehoyatsin eye wòna woɖee le gaxɔ me. Esia va eme le Yehoyatsin ƒe gamenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-adrelia dzi.


Yosia ƒe viwoe nye, Yohanan alo Yehoahaz, Yehoyakim, Zedekia kple Salum.


Yehoyatsin, ame si wolé la ƒe dzidzimeviwoe nye, Via ŋutsu Sealtiel,


Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖo eƒe nya ɖe wo to eƒe dɔlawo dzi enuenu elabena ekpɔ nublanui na eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la.


Yehoyatsin xɔ ƒe enyi ko esi wòɖu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo ko. Ewɔ nu vɔ̃ le Mawu ƒe ŋkume o.


Yehowa be, “Meta nye agbe be, nenye wò, Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vie nye ŋkɔsigɛ le asibidɛ ɖusimetɔ ŋuti nam gɔ̃ hã la, maɖe wò aƒu gbe godoo.


Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃ si dim ame aɖeke mele oa? Nu ka ta woatsɔ eya kple viawo aƒu gbe ɖe anyigba si womenya o la dzi?


Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Yosia ƒe vi, Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda, ɖe Yehoyakim ƒe vi, Yehoyatsin teƒe.


Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa