Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 26:1 - Agbenya La

1 Mama si me agbonudzɔlawo nɔ lae nye si: Tso Korah ƒe viwo dome: Meselemia, Kore ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Agbonudzɔlawo ƒe hawo nye esi: Amesi tso Korax viwo dome, enye Meselemya, amesi nye Kore, si tso Asaf viwo dome ƒe vi.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 26:1
15 Mawu Ofanana  

Woƒe kpeɖeŋutɔwoe nye Zekaria, Yaaziel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom kple Yeiel, ame siwo nye agbonudzɔlawo.


Ame akpe ene (4,000) anye agbonudzɔlawo eye akpe ene (4,000) nakafu Yehowa kple haƒonu siwo metsɔ na mi hena Mawu kafukafu.”


Nudzidze blaeve-vɔ-enelia dze Romamti Ezer kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.


Meselemia ƒe kpeɖeŋutɔwoe nye viawo; woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Zekaria, Yediael, Zebadia, Yatniel,


Meselemia ƒe vi wuienyiawo kple nɔviawo hã nye kplɔla nyuiwo.


Tahat, Asir, Ebiasaf, Korah,


Ame siwo tso Levi ƒe viwo dome la woe nye: Semaya, Hashub ƒe vi, ame si nye Azrikam ƒe vi, ame si nye Hasabia ƒe vi, ame si dzɔ tso Merari me.


Gbedoxɔ la ƒe agbowo nu dzɔlawo meɖea mɔ be, nu siwo ŋu womekɔ o kple ame siwo se meɖe mɔ na o la, nage ɖe gbedoxɔ la me o.


Be wòalé fofoa David ƒe ɖoɖowo me ɖe asi la, etia nunɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ eye Levitɔwo hã be woanɔ ŋgɔ le kafukafuhawo dzidzime eye woakpe ɖe nunɔlaawo ŋu le gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu. Nenema ke wòtia agbonudzɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena agbo vovovoawo ŋu dzɔdzɔ elabena esiae David, Mawu ƒe ame la, ɖo da ɖi.


O! Mawu, míawo ŋutɔ míesee kple míaƒe towo, nu siwo mía fofowo gblɔ na mí tso nu siwo nèwɔ na wo le woƒe ɣeyiɣiwo me le blema.


Mi anyigbadzitɔwo katã, mise esia; mi xexemetɔwo katã miƒu to anyi,


Woate ŋu asubɔ le nye kɔkɔeƒe la, adzɔ gbedoxɔ la ƒe agbowo ŋu, eye woasubɔ le afi ma; woate ŋu awu numevɔsawo ƒe lãwo kple ameawo tɔwo, woatsi tsitre ɖe ameawo ŋkume, eye woasubɔ wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa