Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 22:1 - Agbenya La

1 Ale David gblɔ be, “Yehowa Mawu ƒe aƒe la anɔ afi sia eye nenema kee anye vɔsamlekpui si dzi Israel asa vɔ le.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Dawid gblɔ be: Esia nye Yehowa Mawu ƒe aƒe, eye esia nye vɔsamlekpui ɖe Israel ƒe numevɔsa ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 22:1
16 Mawu Ofanana  

Egblɔ be, “Aleke gbegbe teƒe sia dzi ŋɔe! Teƒe sia menye teƒe bubu aɖeke wu Mawu ƒe aƒe o. Esiae nye dziƒogbo la.”


Nyagblɔɖila Gad va David gbɔ gbe ma gbe eye wògblɔ nɛ be, “Yi nàtu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa le Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe.”


Ne ègblɔ be, “Míele ŋu ɖom ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu” la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã, hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem” oa?


Ke David mete ŋu yi vɔsaƒe la ne wòabia gbe Yehowa o elabena evɔ̃ na Yehowa ƒe dɔla la ƒe yi.


Tete Solomo na wodze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Wotui ɖe Yerusalem, le Moria to la dzi, afi si Yehowa ɖe eɖokui fia Solomo fofo, Fia David le, afi si Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe nɔ. David tia teƒe ma be wòanye gbedoxɔ la ƒe nɔƒe.


Ɖe mienya be Fia Hezekia tututue nye ame si ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, ‘Mide ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ma si le gbedoxɔ la me ŋu eye miado dzudzɔ le eya ɖeɖe ko dzi’ oa?


Ale wògblẽ agbadɔ si le Silo la ɖi, agbadɔ si wòtu ɖe amegbetɔwo dome.


Ame si xɔ sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake, eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o.


ekema ele be miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo katã ayi kɔkɔeƒe la, afi si eya ŋutɔ atia abe eƒe nɔƒe ene.


misa wo le teƒe si Yehowa ŋutɔ atia ko. Atia teƒe aɖe tso afi si woma na toawo dometɔ ɖeka la me. Afi ma ko miasa vɔ le, eye miatsɔ miaƒe nunanawo ayi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa