Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 16:8 - Agbenya La

8 Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa Miyɔ eƒe ŋkɔ eye miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mida akpe na Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ! Miɖe gbe ƒã eƒe nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome!

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 16:8
13 Mawu Ofanana  

ekema se woƒe gbedodoɖa le dziƒo, wò nɔƒe la eye nàwɔ nu si wobia wò la na wo. Ekema anyigbadzitɔwo katã anya nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu eye woavɔ̃ wò abe ale si wò ŋutɔ wò Israelviwo vɔ̃a wòe ene, ale woawo hã anya be gbedoxɔ sia, si metu na wò la nye tɔwò nyateƒe.


Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”


Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Mida akpe ne Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Le ŋkeke ma dzi la, àgblɔ be, “Mida akpe na Yehowa! Miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le xexemedukɔwo dome.


dzidzɔ kple aseyetsotso, ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ame siwo tsɔ akpedavɔsa va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee, woanɔ gbɔgblɔm be, “Mida akpe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, elabena Yehowa ƒe dɔ me nyo eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbee. Elabena magaɖo anyigba la ƒe nunyonamewo te abe tsã ene.” Yehowae gblɔe.


Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso nunɔlagãwo gbɔ be yeava lé ame siwo katã yɔa wò ŋkɔ.”


Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa