Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 13:2 - Agbenya La

2 Emegbe la, egblɔ na Israel ha blibo la be, “Nenye be edze mia ŋu eye wònye Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu la, mina míaɖo du ɖe kpuiƒe kple didiƒe siaa ɖe mía nɔvi mamlɛ siwo le Israel ƒe anyigbawo katã dzi. Nenema ke míaɖo du ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo, ame siwo nɔ anyi kpli wo le woƒe duwo kple lãnyiƒewo me be woava kpe ɖe mía ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Dawid gblɔ na Israel ƒe ameha blibo la bena: Ne edze mia ŋu, eye wòtso Yehowa, mia Mawu gbɔ la, ekema mina míado ame ɖe afiawo katã ɖe mía nɔvi, siwo kpɔtɔ ɖe Israel-nyigbawo katã dzi la gbɔ, hekpe ɖe nunɔlawo kple Lewi-viwo, si wo le woƒe lãnyiƒewo ƒe duwo me la gbɔ, ne woava kpe ta ɖe mía gbɔ,

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 13:2
16 Mawu Ofanana  

Woɖo eŋu nɛ be, “Ne egbe ànye dɔla na ame siawo, asubɔ wo eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”


Emegbe Fia Yoram trɔ va Yezreel be woada gbe le abi si Arameatɔwo de eŋu le aʋa la wɔwɔ me kple Aram fia Hazael la nɛ.) Yehu gblɔ na ame siwo nɔ egbɔ la be, “Esi miedi be maɖu fia la, migana ame aɖeke nasi ayi Yezreel aɖagblɔ nu si míewɔ la o.”


Esime Israelvi siwo nɔ balime la le toa te se be wowu yewoƒe aʋawɔlawo eye Saul kple viawo hã ku la, wosi dzo le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me.


David de aɖaŋu kple eƒe aʋafiawo kple asrafo akpewo kple alafawo nunɔlawo.


Mina míaɖatsɔ míaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va mía gbɔe elabena míebia eta le Saul ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me o.”


Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.”


Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o, ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze.


Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.”


Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa