Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 11:3 - Agbenya La

3 Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi abe ale si Yehowa gblɔ na Samuel ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete Israel-ame tsitsiwo va fia la gbɔ le Xebron, eye Dawid bla nu kpli wo le Yehowa ŋku me le Xebron, eye wòsi ami na Dawid heɖo fiae de Israel dzi le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Samuel dzi la nu.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 11:3
15 Mawu Ofanana  

Yuda ƒe kplɔlawo va ɖo David fiae ɖe Yuda ƒe dukɔ ƒoƒuwo nu. Esi David se be Yabes Gileadtɔwo ɖi Saul la,


Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi.


Le Hebron la, eɖu fia ɖe Yuda dzi ƒe adre kple ɣleti ade eye le Yerusalem la, eɖu fia ɖe Israel kple Yuda dzi ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.


Yehoiada wɔ nubabla le Yehowa kple fia la kple dukɔa dome be woanye Yehowa tɔ. Egawɔ nubabla le fia la kple ameawo hã dome.


Fia Yosia ŋumewo kɔ eƒe kukua ɖe tasiaɖam me tso Megido va Yerusalem eye woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ tia da ɖi la me. Dukɔa tia Fia Yosia ƒe vi, Yehoahaz si ami nɛ heɖoe fia ɖe fofoa teƒe.


David ƒe aʋawɔla xɔŋkɔtɔwo, ame siwo do ŋusẽ Israel ƒe kplɔlawo be woatsɔ David aɖo fiae abe ale si Yehowa gblɔ be ava eme ene la le ame etɔ̃.


ameha blibo la bla nu kple fia la le Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Yehoiada gblɔ na wo be, “Fiaviŋutsu la aɖu fia abe ale si Yehowa do ŋugbe tso David ƒe dzidzimeviwo ŋu ene.


Ale Yefta lɔ̃ eye wòzu aʋafia kple Gilead fia. Woɖo kpe nya sia dzi le Yehowa kple ameawo katã ŋkume le Mizpa.


Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ.


Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò.


Yehowa gblɔ na Samuel be “Va se ɖe ɣekaɣia nàfa konyi ɖe Saul ta esi megbee be magaɖu fia ɖe Israel dzi o? Azɔ la, de ami wò lãdzo la me eye nàdze mɔ. Mele dɔwòm ɖe Yese gbɔ le Betlehem; metia via ŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòaɖu fia.”


Ekema kpe Yese va vɔ la saƒe eye mafia nu si nàwɔ la wò. Àsi ami na ame si dzi matɔ asi la na wò.”


Ale wo ame evea gabla nu ɖe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ dzi. David nɔ Hores ke Yonatan trɔ yi aƒe.


Yehowa wɔ nya si wògblɔ ɖi to dzinye la dzi. Yehowa vuvu fiaɖuƒe la le asiwò me eye wòtsɔe na hawòviwo dometɔ ɖeka, David.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa