Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 1:7 - Agbenya La

7 Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kitim kple Rodanim.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yawan viwo nye: Elisa, Tarsisa, Kititɔwo kple Rodantɔwo.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 1:7
12 Mawu Ofanana  

Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo.


Gomer ƒe viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma.


Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan.


Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ, eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu. Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis, elabena wogbã Tiro, eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o. Wose nya sia esi wole Kipro ke.


Yehowa gblɔ be, “O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o, wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso! “Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la, màkpɔ dzudzɔƒe o.”


“Maɖo dzesi anyi ɖe wo dome, eye maɖo ame siwo tsi agbe la ƒe ɖewo ɖe dukɔwo dome, ɖe Tarsis, Libia kple Lidiatɔwo dome, ame siwo xɔ ŋkɔ le aŋutrɔdada me. Maɖo ɖewo ɖe Tubal, Griknyigba dzi kple didiƒeƒukpowo dzi, afi si womese nye gãnyenye alo kpɔ nye ŋutikɔkɔe le kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome.


Mitso ƒu ne miava Kiprotɔwo ƒe fukpo dzi ne miakpɔ nu. Midɔ ame ɖo ɖe Kedar ne woalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie. Mikpɔe ɖa be nane nɔ anyi alea kpɔ hã.


Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe, wotsɔ ati tso Kipro ƒuta wɔ wò yaxɔƒe, eye wofa nyiɖu ɖe eŋu.


Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖo nye wò abala, eye wonye wo aflaga; wò agbadɔwoe nye avɔ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa ƒuta.


elabena, Kitimtɔwo ƒe ʋuwo atsi tsitre ɖe eŋu eye dzi aɖe le eƒo. Ekema atrɔ, aɖe dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu. Atrɔ agbɔ ava ve ame siwo gbe nu le nubabla kɔkɔe la gbɔ la nu.


Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta woaɖu Eber kple Asiria dzi, ke woaɖu woawo hã dzi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa