Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Tesalonikatɔwo 5:3 - Agbenya La

3 Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Tesalonikatɔwo 5:3
48 Mawu Ofanana  

Gbeɖiɖi siwo ŋu ŋɔdzi le la yɔ eƒe tome fũu eye ne wòdze abe nuwo ɖe wole afɔ tsɔm ene la, adzohawo va dzea edzi.


Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.


gbegblẽ neƒo ɖe wo dzi kpoyi, ɖɔ si woɖo nam la neɖe woawo ŋutɔ, eye woage dze ʋe si woɖe ɖi nam la me aƒaƒã ɖe afi ma.


Dzidzi ƒo wo, eye wose veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.


Ku neƒo ɖe nye ketɔwo dzi kpoyi; woneyi yɔdo me agbagbe, elabena nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe ɖe wo dome.


Woƒe kplɔ̃ si woɖo na wo la nezu mɔ na wo; nezu teƒeɖoɖo kple mɔ na wo.


Ame si woka mo na zi gede gake wògbe lia kɔ la, atsrɔ̃ zi ɖeka kpata xɔnamemanɔŋutɔe.


Le ɣe ma ɣi la, ame siwo le ƒuta afi sia la agblɔ be, mikpɔ nu si va dzɔ ɖe ame siwo miesina tsona be woaxɔ na mi le Asiria ƒe asi me la dzi ɖa. Ke azɔ la, aleke miawɔ asi?”


Wò futɔ gbogboawo anɔ abe kewɔ memi ene, eye ŋutasẽlawo ƒe ha anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu la ene; kasia zi ɖeka kpoyi,


miaƒe nu vɔ̃ sia azu abe gli kɔkɔ si fe hele mumum, eye kasia wòmu zi ɖeka gbloo la ene.


Gbegblẽ aƒo ɖe dziwò, eye mànya ale si nàwɔ asa gbe adee wòadzo o. Dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe dziwò, esi màte ŋu aɖe ɖa kple awɔbanu o. Tsɔtsrɔ̃ si mèle mɔ kpɔm na o la, aƒo ɖe dziwò kpoyi.


Esiawo kple evea katã ava dziwò le aɖabaƒoƒo ɖeka me le ŋkeke ɖeka dzi. Viwòwo atsrɔ̃, eye nàzu ahosi. Wo katã woava dziwò pɛpɛpɛ togbɔ be afakalawo kple gbesa sesẽ geɖewo le asiwò hã.


Ɖe sia ɖe doa ɣli be, “Miva, mina ne maku wain vɛ! Miva ne miano aha muame wòasu mi! Etsɔ hã nanɔ abe egbe ene alo nanyo sãa wu gɔ̃ hã.”


Nu ka nàgblɔ nenye be Yehowa tsɔ ame siwo nèhe be woanye xɔ̃wòwo la ɖo tatɔwo na wò? Ɖe màse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene oa?


“Ɖe nègbe Yuda gbidiia? Ɖe wò dzi megaku ɖe Zion ŋu oa? Nu ka ta nède abi mía ŋuti ale gbegbe be míate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ o? Míekpɔ mɔ na ŋutifafa gake nu nyui aɖeke meva na mí o. Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ, ke ŋɔdzi boŋue li.


Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon, heɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le sedatixɔwo me, aleke miahaɖe hũu, ne vevesese va mia dzi! Miase veve abe nyɔnu si le ku lém la ene!”


Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene. Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be, “Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm; wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”


Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene. Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa.’ Evɔ la, ŋutifafa aɖeke meli hafi o.


“Míese nutsotso geɖe tso wo ŋu eya ta míaƒe alɔwo ku ɖe mia ŋu. Ŋɔdzi lé mí eye míese veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.


Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene. Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa’, evɔ wòhenye ŋutifafa aɖeke meli o hafi.


“Le esime wokplɔ nye amewo trae to gbɔgblɔ me be, ‘Ŋutifafa’ li, esime ŋutifafa menɔ anyi o, eye ne wotu gli masemasẽ aɖe la, wosiaa akalo nɛ la,


Efraim se veve abe nyɔnu si le ku lém la ene, gake ele abe vi manyanu ene, elabena ne eƒe ɣeyiɣi de la, medoa ta ɖe vidzidɔ nu o.


Woabla wo ɖe ŋuve me, woano woawo ŋutɔ ƒe wain amu, eye woabi abe gbe ƒuƒu ene.


“Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu?


Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesese la be, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi vi ɖe xexea me.


Wogblɔe be, “ ‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la, mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.’ ”


Ne ame sia tɔgbi se atamkaka sia, evɔ wòhegblɔ yayranyawo kɔ ɖe eɖokui dzi, eye wòbu le eƒe susu me be, “Manɔ dedie togbɔ be melé nye mɔ tsɔ hã” la, esia ahe gbegblẽ ava anyigba si wode tsii kple esi le ƒuƒui la siaa dzi.


Woahe to na wo le dzomavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o. Gawu la, womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o,


Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ,


aleke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi.


Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na mawudɔlawo esi wowɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ eɖo wo ɖe dzomavɔ me, hede ga wo ɖe ʋe globo doviviti me, be woanɔ afi ma va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe;


Gideon trɔ azɔ to asimɔ si to Noba kple Yogbeha ƒe ɣedzeƒe eye wòdze Midiantɔwo ƒe aʋakɔ dzi esi womenɔ mɔ kpɔm na wo kura o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa