Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Tesalonikatɔwo 5:27 - Agbenya La

27 Mele eƒom ɖe mia nu le Aƒetɔ la ŋkume be woaxlẽ agbalẽ sia na nɔviawo katã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Metà Aƒetɔ la na mi bena, miaxlẽ agbalẽ sia na nɔvi kɔkɔeawo katã.

Onani mutuwo Koperani




1 Tesalonikatɔwo 5:27
19 Mawu Ofanana  

Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”


Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”


Egblɔ na Seraya be, “Kpɔ egbɔ be yexlẽ nya siawo kple ɣli ne mieva ɖo Babilonia.


Mose da asi ɖe Yosua dzi, eye wòtsɔ eƒe dɔdeasiwo de asi nɛ abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.


Ke Yesu meke nu o. Nunɔlagã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Kristo, Mawu ƒe Vi la la, ekema gblɔe mise fifia.”


Edo ɣli sesĩe be, “Nya kae le nye kple wò dome, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta mègawɔ funyafunya aɖekem o!”


Le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre gblɔ na xɔsetɔ (siwo ƒe xexlẽme anɔ abe alafa ɖeka kple blaeve) ene la be,


Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nàdo go!”


Nenye be miexlẽ agbalẽ sia vɔ la, mitsɔe ɖo ɖe Laodikea hame la hã woaxlẽ, eye miawo hã mixɔ agbalẽ si meŋlɔ ɖo ɖe wo la hã miaxlẽ.


Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa?


Nenye be ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe nu siwo míegblɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o la, milé ŋku ɖe eŋuti, eye migade ha kplii o, ale be ŋu nakpee.


Azɔ vinye, Timoteo, esia nye nye sedede na wò. Wɔ Aƒetɔ la ƒe aʋawo nyuie, abe ale si wògblɔ na mi be míawɔ to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi la ene.


Abe ale si meƒoe ɖe nuwò hafi dzo yi Makedonia ene la, tsi Efeso, eye nàɖo asi ŋutsu siwo le nu dada fiam la dzi be womagafia nenem nuwo o,


Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame.


Esia nanye miaƒe hame la ƒe ɖoɖo, ale be kristotɔwo nanya, eye woawɔ nu si dze la.


Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si ɖi ɖase dzideƒotɔe le Pontio Pilato gbɔ la ƒe ŋkume be


Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu.


Eya ta mele gbe tem ɖe edzi na wò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si adrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo gbe ɖeka ne eva do be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe la gɔme anyi la ŋkume be


Eya ta nɔvinye kɔkɔewo, ame siwo kpɔ gome le dziƒo ƒe yɔyɔ la me, mida miaƒe susuwo ɖe Yesu, apostolo kple nunɔlagã, ame si me mieʋu la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa