17 Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe.
17 Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe!
Esi Daniel se be woŋlɔ se la kaka la, eyi ɖe eƒe aƒe me, ge ɖe eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòʋu fesrẽ siwo woʋuna dona ɖe Yerusalem gbɔ la da ɖi. Edzea klo, doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe, daa akpe na eƒe Mawu abe ale si wòwɔna tsã ene.
Gbe ɖeka la, Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehiã be woanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye ɖeɖi megate wo ŋu o.
Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o.”
Mikpɔ dzidzɔ le ɖoɖo siwo katã Mawu le wɔwɔm ɖe mia ŋu la ŋuti. Mido dzi le xaxawo me, eye mianɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi.
Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta.
Mido vevi gbedodoɖa, minɔ ŋudzɔ, eye mida akpe na Mawu.
Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ, eya ta minɔ mo xexi, eye miɖu mia ɖokui dzi, ale be miate ŋu ado gbe ɖa.
Esime Hana nɔ gbe dom ɖa na Yehowa la, Eli nɔ ŋku lém ɖe eƒe nuyiwo ŋu.