Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Tesalonikatɔwo 4:14 - Agbenya La

14 Míexɔe se bena Yesu ku, eye wògatsi tsitre, eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kple Yesu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena ne miexɔnɛ sena bena, Kristo ku, eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu Kristo dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ la hã ayi kpakplii.

Onani mutuwo Koperani




1 Tesalonikatɔwo 4:14
16 Mawu Ofanana  

“Adzoblasuwo ƒe ha adze Gad dzi, ke eya anya wo ɖe du nu.


Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tsitre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli. Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene. Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.


Dɔvɔ̃ sia tɔgbi adze sɔwo, lãɖisɔwo, kposɔwo, tedziwo kple lã siwo katã le woƒe asaɖawo me la dzi.


eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi.


Nu sia tututu tae Kristo ku, eye wògatsi tsitre ɖo, ale be wòate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ le agbe kple ku me.


Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la agbɔ agbe miaƒe ŋutilã siwo kuna la to eƒe Gbɔgbɔ si le agbe le mia me la dzi.


Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple eƒe ame kɔkɔewo. Amen.


Nɔviwo, nyemedi be mianɔ numanyamanya me le ame siwo ku la ŋu alo miaxa nu abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ mele o la ene o.


Le esia megbe la, woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe,


Le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple ale si míaƒo ƒu ɖe egbɔ ŋuti la, míele biabiam tso mia si, nɔviwo, be


Nyee nye Ame si le agbe; meku kpɔ, gake kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye.


Ke mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ agbalẽ be: Woayra ame siwo ku le Aƒetɔ la me tso azɔ dzi heyina.” “Ɛ̃,” Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm be, “Woadzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me, elabena woƒe nuwɔnawo adze wo yome.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa