Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Tesalonikatɔwo 2:6 - Agbenya La

6 Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye miedi bubu tso amewo gbɔ hã o, eɖanye miawo alo ame bubuwo gbɔ o, wònye míate ŋu aɖo ame mía ɖokui abe Kristo ƒe apostolowo ene hafi,

Onani mutuwo Koperani




1 Tesalonikatɔwo 2:6
24 Mawu Ofanana  

Woɖu ŋkekenyui sia ŋkeke alafa ɖeka kple blaenyi (180) sɔŋ, eye wòɖe dziɖuɖu ƒe kesinɔnuwo kple bubu fia.


Eƒo adegbe le eƒe gakpɔkpɔ vivivo, viŋutsuwo ƒe agbɔsɔsɔ, ale si fia la doe ɖe dzii kple ale si wòzu ame gãtɔ si kplɔ fia la ɖo le fiaɖuƒe la me la ŋu.


Menyo be woano anyitsi fũu alo wònye nu dzeame be ame nadi eya ŋutɔ ƒe bubu o.


egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”


elabena wolɔ̃ amegbetɔ ƒe kafukafu wu Mawu ƒe kafukafu.


“Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o,


Aleke miawɔ axɔ se ne miexɔ kafukafu tso mia nɔewo gbɔ, gake miedzea agbagba be yewoaxɔ kafukafu tso Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la gbɔ o?


Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o.


Hekpe ɖe esia ŋuti la, Mawu mewɔ Adam na Eva o, ke boŋ Evae Mawu wɔ na Adam,


Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o, elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋuti dɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe anyi o.


Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Yesu Kristo ŋutie, eye eyae nye Aƒetɔ la. Ke míawo la, míenye subɔlawo le Yesu ŋuti.


Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.


Mígana dada nayɔ mía me o, mígado dziku na mía nɔewo o, eye mía nɔewo ƒe nu megave dɔ me na mí o.


Ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hã la mewɔa se la dzi o, ke boŋ wole didim be woatso aʋa na mi, ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku, eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe eŋuti, ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o.


Hamedzikpɔla siwo wɔa hadɔ nyuie la dze na bubuteƒe eve, vevietɔ esiwo kua kutri le mawunyagbɔgblɔ kple efiafia me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa