1 Tesalonikatɔwo 2:15 - Agbenya La15 Esi wowu woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo vɔ la, woklã Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã ɖe atitsoga ŋuti, eye azɔ la, woti míawo hã yome kutɔkutɔe henya mí do goe le dua me. Wotsi tsitre ɖe Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti, Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191315 amesiwo hã wu Aƒetɔ Yesu kple woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖilawo, eye woti mía yome, eye womedzea Mawu ŋu o, eye wonye amewo katã ƒe adikãtɔwo, Onani mutuwo |
Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo, eye nye agbe ɖo xaxa me le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒu dzi siaa. Nenema ke ame siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me, evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe.