1 Korintotɔwo 9:9 - Agbenya La9 elabena woŋlɔe ɖe Mose ƒe segbalẽ la me be, “Megabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Nyitsuwo ŋue Mawu tsi dzi ɖoa? Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19139 Elabena woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me bena: „Megabla nu na nyitsu, si le mɔli tugum la o!“ A, nyitsu ƒe nue le Mawu nu vema? Onani mutuwo |
ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, wò Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ dɔ aɖeke le edzi o. Wò aƒemetɔ aɖeke hã mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò nyiwo, wò tedziwo alo wò lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome gɔ̃ hã nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si wò ŋutɔ nàwɔ ene.