Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 9:16 - Agbenya La

16 Elabena nyemedze na kafukafu tɔxɛ aɖeke le nye mawunyagbɔgblɔ ta o. Ele nam kokoko be manɔ egbɔgblɔ dzi ɣe sia ɣi madzudzɔmadzudzɔe. Ne meke atse dzudzɔ la, baba nam!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Elabena ne megblɔ nyanyuie fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyuie la fia o la, baba nam!

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 9:16
21 Mawu Ofanana  

Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.”


“Dzra ɖokuiwò ɖo! Tso kpla ne nàgblɔ nu siwo katã megblɔ na wò la na wo. Womegadzi ŋɔ na wò o, ne menye nenema o la, mado ŋɔdzi na wò le wo ŋkume.


O Yehowa, èblem eye mexɔ beblenya dzi se; èƒo nya ɖe nunye eye nèɖu dzinye. Ɣe sia ɣi wole alɔme ɖem le ŋunye eye ame sia ame le koyem.


Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la, eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me, eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo le nye ƒu tome ene. Etsɔtsɔ ti kɔ nam. Vavã nyemagate ŋui o.


Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o. Yehowa Mawu ƒo nu, ame kae agbe be yemagblɔ nya ɖi o.


gake Yehowa yɔm tso lãnyilawo dome gblɔ nam be, ‘Yi nàgblɔ nya ɖi na nye dukɔ Israel.’


Ame si xɔ sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake, eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o.


Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si le agble ŋlɔm, eye wògale megbe kpɔm la medze na mawufiaɖuƒe la o.”


Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple esiwo míese la ŋu o.”


Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Anania be, “Yi nàwɔ ɖe nye gbe dzi, elabena nye ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam, eye wòagblɔ nye nya na ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã,


Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”


Enye nye dɔdeasi be magblɔ nyanyui la na Grikitɔwo kple ame siwo menye Grikitɔwo o la, na nunyalawo kple bometsilawo siaa.


Eya ta meƒoa adegbe le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye le Mawu ta la ŋu.


Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to eƒe dɔwɔwɔwo me la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu ŋkume o.


Elabena, togbɔ be ame akpe ewo gɔ̃ hã afia nu mi tso Kristo ŋu hã la, nye koe nye mia fofo. Nyee nye ame si to nyanyui la gbɔgblɔ na mi me he mi va Kristo Yesu gbɔe.


Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣe sia ɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ esia la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Kristo ƒe nyanyui si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.


Nenema ke Aƒetɔ ɖe gbe be ame siwo gblɔa nyanyui la fiana la, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyui la me.


Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la ŋutɔ ʋu mɔ nam be dɔ la nayi edzi nyuie,


Migblɔ na Arkipo be, “Kpɔ egbɔ be nèwɔ subɔsubɔdɔ siwo katã Aƒetɔ la be nàwɔ.”


Nye ya la, nete ɖa xaa tso gbɔnye be madzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta eye mato eme awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Mayi nu siwo nyo kple nu siwo dze la fiafia mi dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa