1 Korintotɔwo 9:11 - Agbenya La11 Míedo gbɔgbɔmenuku nyuiwo ɖe miaƒe dziwo me, eya ta ne míebia nuɖuɖu kple avɔtata tso mia gbɔ la, megblẽ kura o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191311 Ne míeƒã gbɔgbɔ me nuwo na mi, eye míexa miaƒe ŋutilãnuwo la, nu gã wònyea? Onani mutuwo |
Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia, elabena wodze sii be yewonyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena Kristo ƒe nya tso hame si le Yerusalem la gbɔ va na ame siwo menye Yudatɔwo o la. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewoate ŋu awɔ lae nye be yewoakpe ɖe wo ŋu kple nunɔamesi aɖewo.