1 Korintotɔwo 8:8 - Agbenya La8 Nɔviwo, minyae be nuɖuɖu mewɔnɛ míetena ɖe Mawu ŋu kpokploe o. Nuɖuɖu megblẽa mí ɖe edzi alo wɔnɛ míenyona ɖe edzi o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19138 Ke nuɖuɖu mawɔ mi bubu le Mawu ƒe ŋku me o, elabena nenye be, míeɖua nu la, míezua gã wu o, eye nenye be, míeɖua nu o la, míezua sue wu o. Onani mutuwo |
Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, “Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu” gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.