1 Korintotɔwo 8:6 - Agbenya La6 ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19136 gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye miawo mieli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye miawo mieto eyama me la, li na mi. Onani mutuwo |
Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, “Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu” gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.