1 Korintotɔwo 7:25 - Agbenya La25 Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã! Ɖe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋu dɔ, eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191325 Ke ɖetugbiwo la, nyemexɔ asea ɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le wo ŋuti o, gake maɖo aɖaŋu na wo, abe amesi kpɔ nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ, bene manye nuteƒewɔla la ene. Onani mutuwo |
Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na nyɔnu si ɖe srɔ̃ la kple ɖetugbi si le atsuƒe hã. Nyɔnu si ɖe srɔ̃ la léa be na xexe sia me nuwo kple ale si wòawɔ adze ŋutsu la ŋu. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ la le ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi.