Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 7:18 - Agbenya La

18 Le kpɔɖeŋu me, ne wotso aʋa na ŋutsu aɖe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi wòtrɔ zu kristotɔ la, amea megatsi dzi le eŋu kura o. Nenema ke, ne wometso aʋa na ame aɖe hã o la, eya hã megatsi dzi be ele be yeatso aʋa kokoko o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ne woyɔ amea ɖe, si nye aʋatsotsotɔ la, negahe aʋayi tsyɔ edzi o, ne woyɔ amea ɖe le aʋamatsomatso me la, nagatso aʋa o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 7:18
8 Mawu Ofanana  

“Esia ta nye nyametsotsoe nye be mehiã be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wole tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu la o.


Míese be xɔsetɔ aɖewo, siwo tso mía gbɔ le afi sia la va mia dome, eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu, eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ. Míedi be mianya be menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o.


Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,


Ke ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu Kristotɔwo la tsi tsitre, eye wogblɔ be, “Ele be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo trɔ zu xɔsetɔwo la katã, eye woawɔ ɖe Mose ƒe sewo dzi.”


Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem afi sia la se be wò la, èfia nu Yudatɔ siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome be woagbe nu le Mose ƒe sewo gbɔ, eye mele be woatso aʋa na wo viwo o.


Le agbe yeye sia nɔnɔ me la, Grikitɔ, Yudatɔ, aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ, ŋkumaʋamaʋutɔ alo Skitiatɔ, kluvi alo ablɔɖevi megali o, ke boŋ wo katã nye kristotɔ, eye Kristo le wo katã me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa