Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 7:11 - Agbenya La

11 Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnu la o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke ne egbee la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawo ɖeka kpakple srɔ̃ŋutsu la; eye ŋutsu hã nagagbe srɔ̃a o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 7:11
10 Mawu Ofanana  

Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Afi ka mia dada ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo ame siwo ŋu menyi fe le la dometɔ kae metsɔ mi dzra na? Miaƒe nu vɔ̃wo tae wotsɔ mi dzra ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wonya mia dada ɖo.


“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a, eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe, ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa? Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa? Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo. Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?” Yehowae gblɔe.


Ke nye la mele egblɔm na mi be, nenye be nyɔnu aɖe mewɔ ahasi o, gake srɔ̃a gbee, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ekema ŋutsu lae na wòwɔ ahasi, eye ŋutsu si agaɖe nenem nyɔnu sia hã wɔ ahasi.”


Nenema ke ne nyɔnu aɖe hã gbe srɔ̃a, eye wòɖaɖe ŋutsu bubu la, eya hã wɔ ahasi.”


Farisitɔ aɖewo va egbɔ le afi sia be yewoadoe kpɔ ne yewoalée le nya aɖe me. Wobiae be, “Woɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a?”


“Eya ta ne ame aɖe gbe srɔ̃a, eye wòɖe nyɔnu bubu la ewɔ ahasi, eye ame si hã ɖe nyɔnu si ŋu woɖe asi le la hã wɔ ahasi.”


Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o.


Azɔ nye ŋutɔ medi be maɖo aɖaŋu aɖe na ame mamlɛawo. (Nyee le egblɔm, menye Aƒetɔ la ƒe sedede o). Eyae nye be ne kristotɔ aɖe nyɔnu si menye kristotɔ o, gake nyɔnu la lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua megaɖe asi le eŋu o.


eye woana wòaxe klosalo alafa ɖeka na ɖetugbi la fofo, elabena eka aʋatso ɖe Israel ɖetugbi dzadzɛ aɖe si. Nyɔnu la aganye ŋutsu la srɔ̃, eye ŋutsua mekpɔ mɔ agbee o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa