Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 6:5 - Agbenya La

5 Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Ɖe miele gbɔgblɔm be le miaƒe hame bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le, ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋu dɔ na mi oa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo! A, vavãe, nunyalaa ɖeke mele mia dome oa? Ɖeka hɔ̃ meli, si ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu le nɔviawo dome oa?

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 6:5
12 Mawu Ofanana  

Ayedzelawo ƒe nunyae nye be woabu ta me le woƒe mɔwo ŋu, ke bometsilawo ƒe bometsitsie nye alakpa.


Le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre gblɔ na xɔsetɔ (siwo ƒe xexlẽme anɔ abe alafa ɖeka kple blaeve) ene la be,


Anania ɖo eŋu gblɔ be, “Aƒetɔ, mese be funyafunya si gbegbe Saulo sia wɔ ame kɔkɔewo le Yerusalem la mele gbɔgblɔ me o ɖe!


Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa?


Miwɔ susu ŋu dɔ eye miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Mia dometɔ aɖewo menya Mawu o, mele esia gblɔm be ŋu nakpe mi.


Mikpɔ nyuie be miaganɔ mia ɖokuiwo flum o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenyaa nu ŋutɔ le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, ekema ele be wòawɔ eɖokui bometsilae hafi ate ŋu anye nunyala vavãtɔ tso dziƒo.


Le Kristo ta la, míezu abe bometsilawo ene, ke miawo mienye kristotɔ nunyalawo. Míegbɔdzɔna le ŋutilã me gake ŋusẽ le miawo ya ŋu. Wobua mi nyuie, ke míawo la, míezu ame ɖigbɔ̃wo ɖeɖe ko!


Menye ɖe mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi be ŋu nakpe mi o, ke boŋ be maka mo na mi eye maɖo aɖaŋu na mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene.


Nɔvinyewo, nu ka ta, ne masɔmasɔ aɖe dzɔ le mi kristotɔwo dome la, mietsɔa nya la yia fia alo dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe be ame siwo mevɔa Mawu o la nadrɔ̃ na mi, esi wòle be miayi kristotɔwo boŋ gbɔ?


Nu ka ta wòhiã be miatsɔ miaƒe nyawo ayi na dzimaxɔsetɔwo be woadrɔ̃ na mi?


Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa