Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 5:9 - Agbenya La

9 Le nye agbalẽ si meŋlɔ na mi do ŋgɔ me la, megblɔ na mi be migade ha kple ahasiwɔlawo o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Meŋlɔe na mi le agbalẽ la me bena, migaɖe ha kple ahasiwɔlawo o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 5:9
10 Mawu Ofanana  

Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me.


Ke menye dzimaxɔsetɔ siwo nye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, fiafitɔwo kple legbasubɔlawo la mewɔnɛ o. Zi ale si miele xexea me ko la, miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖe aga le ame siawo gbɔ o.


Ke esi nu sia ƒomevi le edzi yim le mia dome la, ɖe miegale mia ɖokuiwo bum be yewode ŋgɔ le gbɔgbɔ mea? Ɖe wòle be mialé blanui afa konyi ŋukpetɔe eye miaɖe ame sia le hamea me enumake!


Miɖe ame vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome, bena miaƒe ŋkɔ nagagblẽ o, eye mianɔ dzadzɛe. Miɖo ŋku edzi be wowu Kristo, ame si nye Mawu ƒe Alẽvi la, abe ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalẽvi ene na mí.


Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me?


Esia ta, Yehowa gblɔ be, “Mido go le wo dome, eye miaɖe vovo tso wo gbɔ le nu sia nu me. Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o la ŋuti o, ekema maxɔ mi abe tɔnyewo ene.”


Kadodo aɖeke meganɔ mi kple vivitimewɔna siwo nye tofloko la dome o, ke boŋ miɖe wo ɖe go.


Nenye be ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe nu siwo míegblɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o la, milé ŋku ɖe eŋuti, eye migade ha kplii o, ale be ŋu nakpee.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, míele se sia dem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be: Abe ale si míefia mi be miawɔ ene la, migade ha kple nɔvi si nɔa anyi kuviatɔe gbe sia gbe, eye mewɔa dɔ aɖeke o la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa