1 Korintotɔwo 5:1 - Agbenya La1 Busunya si dzɔ le mia dome lae nye be miele ahasi wɔm. Nya sia ɖi hoo, eye ame sia ame le nu ƒom le eŋu. Nu sia nye busunu ale gbegbe, elabena medzɔna le trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dome o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19131 Wose mia ŋkɔ keŋ bena, ahasiwɔwɔ le mia dome, eye ahasiwɔwɔ ma tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo dome hã o bena, amea ɖe xɔ fofoa srɔ̃. Onani mutuwo |
Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, “Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu” gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.