1 Korintotɔwo 4:4 - Agbenya La4 Togbɔ be nye dzitsinya meɖea fu nam o hã la, esia mefia kokoko be mele nye dɔ wɔm abe ale si dze ene o. Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana nyametsotso le nye dɔwɔna ŋu, be mewɔe nyuie alo nyemewɔe nyuie o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19134 Elabena nyemenya naneke le ɖokuinye ŋuti o, ke menye eyata wotso afia nam o, ke Aƒetɔ lae nye amesi drɔ̃ ʋɔnum.“ Onani mutuwo |
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.