Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 4:21 - Agbenya La

21 Kae adze mia ŋu wu, be mava mia gbɔ kple ameƒoti loo alo be mava le lɔlɔ̃ kple tufafa me?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Nuka dim miele? Ɖe matso ali ava mia gbɔ loo, alo matsɔ lɔlɔ̃ kple dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la ava mia gbea?

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 4:21
16 Mawu Ofanana  

Menya nyuie be dadagbɔgbɔ yɔ mia dometɔ aɖewo me, eye miele gbɔgblɔm gɔ̃ hã be nyemate ŋu ava he nya ɖe yewo ŋu o.


Minya ame sia tsɔ de asi na Satana be wòahe to nɛ vie le ŋutilã me, ale be to esia me la, ɖewohĩ eƒe luʋɔ akpɔ ɖeɖe ne Aƒetɔ Yesu gatrɔ va.


Azɔ la, meyɔ Mawu tso nye dzi me ke abe ɖasefo ene be nu si gblɔm mele na mi la nye nyateƒe tututu; susu si ta nyemetrɔ va Korinto haɖe o lae nye be nyemedi be mava ka mo na mi, eye mawɔe be miaxa nu o.


Eye míele dzadzraɖo me be ne miaƒe toɖoɖo made blibo o la, ekema míahe to na ame siwo me aglãdzegbɔgbɔ gale la.


Ɖewohĩ la, awɔ na mi abe ɖe mele adegbe ƒom akpa le Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ si wònam la ta ene, gake nye la, menye ŋukpe nam o, elabena ɖe wòna ŋusẽ siam be matsɔ tu mi ɖe edzi, menye be matsɔ agblẽ nu le mia ŋu o.


Alo ɖe Tito kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie be mí katã la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna.


Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o, elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋuti dɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe anyi o.


Mexlɔ̃ nu mi xoxo esi meva mia gbɔ zi evelia va yi. Azɔ la, megale egblɔm, esi nyemele mia gbɔ o. Ke ne metrɔ va la, nyematsɔe ake ame siwo wɔ nu vɔ̃ do ŋgɔ alo ame bubu siwo wɔe kplɔ wo ɖo o,


Ke azɔ la, nye ŋutɔ meɖoe be nyemagava mia gbɔ kple nu si agahe nuxaxa vɛ na mi o,


Esia ta meŋlɔ agbalẽ ma na mi, ale be miaɖɔ nuwo ɖo hafi mava elabena nyemedi be makpɔ naneke le mi, ame siwo ŋu meɖoa ŋu ɖo be miado dzidzɔ geɖe nam la ŋu, si ade nuxaxa nye dzi me o. Menya nyuie be ne meva mia gbɔ le dzidzɔ me la, ekema miawo hã miakpɔ dzidzɔ geɖe.


Le nyateƒe me la, ŋutikɔkɔe ma si klẽ tso Mose ƒe ŋkume la menye naneke ne woatsɔ asɔ kple esi ƒo xlã Mawu ƒe nubabla yeye la o.


Nɔviwo, ne ame aɖe dze nu vɔ̃ me la, mi ame siwo Gbɔgbɔ la kplɔna la, miɖɔ ame ma ɖo le dɔmefafa me. Ke miɖɔ ŋu ɖo, be woagate miawo hã kpɔ o.


Le esia teƒe la, míegbɔ dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo, eye wòléa be na wo ene.


Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa