Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 3:4 - Agbenya La

4 Mikpɔ ɖa, mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawoe nye Paulo ƒe amewo,” bubuwo hã be, “Míawoe nye Apolo yomedzelawo,” ke ɖe miaƒe nuwɔna sia mesɔ kple ŋutilãmenɔnɔ tɔ oa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena ne ame ɖeka gblɔ be: Nye la Paulo tɔ menye, eye ame bubu gblɔ be: Nye la Apolo tɔ menye la, alo ɖe míenye ŋutilãmemewo oa?

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 3:4
4 Mawu Ofanana  

Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye”; bubu be, “Apoloe nye nye amegã”; ame aɖewo hã be, “Kefa ƒe ame menye”; Gawu la, ame aɖewo hã be, “Nye koe nye Kristo yomedzela vavã.”


elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.


Nɔviwo, ɖeko metsɔ Apolo kple nye ŋutɔ le kpɔɖeŋu ɖom na mi be maɖe nu si gblɔm mele la me na mi nyuie, ale be miase nya siwo woŋlɔ ɖi la gɔme; nya si woŋlɔ be, “Mègatsɔ naneke kpe nu si woŋlɔ da ɖi la o.” Ale miagade bubu ame aɖe ŋu wu ame bubu o.


Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, medi be mana mianya be nyanyui si gblɔm mele la menye nya si tso ame aɖeke gbɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa