Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 2:9 - Agbenya La

9 Gake abe ale si woŋlɔe ɖe Mawu ƒe nya me ene be, “Nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame, aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la,” eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye womeva ame ƒe dzi me kpo o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la.“

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 2:9
12 Mawu Ofanana  

Wò nu nyui siwo nèdzra ɖo ɖi na ame siwo vɔ̃a wò la lolo ŋutɔ. Nu nyui siwo nèkɔ ɖe ame siwo si wò tso dzi le amewo ƒe ŋkume la lolo.


Tso blema ke, ame aɖeke mesee o, to aɖeke mesee o, ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò, esi kpena ɖe ame siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu o.


“Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye. Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi alo woava ame ƒe susu me o,


Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala la, gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi xoxo.”


“Ekema Nye, Fia la, magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime la be, ‘Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke la me,


Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


Ke míenya be le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu.


Le esia teƒe la, wole du si nyo wu esi nye dziƒotɔ la dim. Eya ta menye ŋukpe na Mawu be woayɔe be woƒe Mawu o, elabena edzra du nyui aɖe ɖo ɖi na wo.


Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ la.


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me, eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã?


Woɖee fia wo be menye woawo ŋutɔ ɖokuiwo subɔm wole o, ke boŋ miawoe, esi woƒo nu le nu siwo wogblɔ na mi azɔ la ŋuti, to ame siwo gblɔ nyanyui la na mi, to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wodɔ ɖo ɖa tso dziƒo la dzi. Mawudɔlawo gɔ̃ hã di vevie be yewoakpɔ nu siawo.


Míelɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu tre mía lɔlɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa