Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 2:13 - Agbenya La

13 Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye nusiawo miegblɔna hã, eye míetsɔa nya, siwo amewo ƒe nunya fia mi la o, hafi míetsɔa nya, siwo Gbɔgbɔ la fia mí la boŋ, eye míetsɔa gbɔgbɔmenuwo heɖoa gbɔgbɔmenuwo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 2:13
14 Mawu Ofanana  

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ade nya si tututu miagblɔ la nu na mi ne ɣeyiɣia ɖo.”


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene.


Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.


Ke ne wò nunanae nye be nàte ŋu agblɔ “gbe bubuwo” si gɔmee nye nàƒo nu le gbe siwo mèsrɔ̃ kpɔ o me la, ànɔ nu ƒom na Mawu ko, ke menye na amewo o, esi amewo mate ŋu ase wò nyawo gɔme o ta. Àƒo nu kple Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ, ke wò nuƒoƒo la katã anye nya ɣaɣla.


Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ heɖe gbeƒã Mawu ƒe nya na mi la, nyemewɔe kple aɖe ŋanɛ alo nunya kɔkɔ o,


Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme.


Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o.


Míedo gbɔgbɔmenuku nyuiwo ɖe miaƒe dziwo me, eya ta ne míebia nuɖuɖu kple avɔtata tso mia gbɔ la, megblẽ kura o.


Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me.


Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.


Woɖee fia wo be menye woawo ŋutɔ ɖokuiwo subɔm wole o, ke boŋ miawoe, esi woƒo nu le nu siwo wogblɔ na mi azɔ la ŋuti, to ame siwo gblɔ nyanyui la na mi, to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wodɔ ɖo ɖa tso dziƒo la dzi. Mawudɔlawo gɔ̃ hã di vevie be yewoakpɔ nu siawo.


Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa