Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 14:7 - Agbenya La

7 Mate ŋu atsɔ dzewo alo kasaŋkuwo aɖo kpɔɖeŋu, afia be nyagbɔgblɔ le gbe siwo míenya me la le vevie wu le gbe siwo míenya o la me. Ame aɖeke manya ha si kum wole o, negbe ɖeko woku gbeɖiɖi ɖe sia ɖe pɛpɛpɛ eme kɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Nenema ke nu agbe manɔme, siwo ɖina, nenye dze alo saŋku, ne woƒe ɖiɖi meto vovo o la, aleke woadze si nusi wokuna alo nusi woƒona mahã?

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 14:7
7 Mawu Ofanana  

“ ‘Míedzi dzidzɔhawo na mi, gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo, gake miefa konyi hã o!’


Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asi me nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, “ ‘Míeku dzidzɔkpẽ na mi, ke mieɖu ɣe o; eye míedzi konyifahawo na mi, ke miefa avi hã o.’


Ne metsɔ amewo kple mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔ ƒo nui, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, ɖeko mele abe gakogoe alo ayawagba ƒe ɖiɖi ene.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam kple nu siwo menya kple nu siwo le eme va ge kple Mawu ƒe nya si nye nyateƒe la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu.


Ne aʋakpẽkula meku gbeɖiɖiawo pɛpɛpɛ o la, aleke asrafoawo awɔ hafi anya be wole yewo yɔm na aʋakpekpe?


“Le esia megbe la, àva ɖo Mawu ƒe Gibea, afi si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le. Ne èɖo ta dua me la, àdo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha siwo ɖiɖi tso kɔkɔƒe la gbɔna eye kasaŋkuwo, asiʋuiwo, kpẽwo kple gakasaŋkuwo anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ eye wole nya gblɔm ɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa