Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 14:1 - Agbenya La

1 Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu gãtɔ, ke mibia nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana hã, vevietɔ nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana hena Mawu ƒe nyawo gbɔgblɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Miti lɔlɔ̃ yome; ke midi gbɔgbɔ me nuwo vevie: vevietɔ bena miagblɔ nya ɖi.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 14:1
29 Mawu Ofanana  

Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ, ke elɔ̃a ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome la ƒe mɔ.


Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la, tia agbe, dzidzedze kple bubu.


“Miɖo tom, mi ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome, eye miedia Yehowa. Mikpɔ agakpe si me woɖe mi tsoe kple fukpekpe si me woɖe mi le la dzi.


Mawu na amenuveve ƒe nunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nàgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nàgblɔ nya ɖi ɣe sia ɣi si nàte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu, ale be nàte ŋu axɔ nya tso Mawu gbɔ.


Eya ta mina ŋutifafa nanɔ hamea me, eye miadze agbagba ado ŋusẽ mia nɔewo.


Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be wometi dzɔdzɔenyenye yome o hã.


Azɔ la, nɔviwo, medi be maŋlɔ nu na mi tso nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu, elabena nyemedi be nugɔmemasemase aɖeke nanɔ wo ŋu o.


Ao, ke midze agbagba be miaƒe asi nasu nunana siwo le vevie wu esiawo la dzi. Azɔ la, mina maƒo nu na mi tso mɔ bubu aɖe si nyo wu esiawo katã la ŋu.


Nu etɔ̃e nɔa anyi ɖaa. Esiawoe nye xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃, eye nu si ƒo wo katã ta lae nye lɔlɔ̃.


Ne nyagblɔɖi ƒe nunana le asinye, eye nunya katã hã le asinye be mate ŋu ase nu ɣaɣlawo gɔme, eye ne xɔse le asinye be maɖe gbe na towo be woaho, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenyo na naneke o.


Ale miakpɔe be nuƒoƒo le gbe bubuwo me, nye dzesi, menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o.


Ne ame aɖe susu be yenye nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmenunana le ye si la, nexɔe se be nu siwo meŋlɔ na mi la nye sedede tso Aƒetɔ la gbɔ.


Eya ta nɔvi xɔsetɔwo, midi vevie be miagblɔ nya ɖi, eye migaxe mɔ na aɖe bubuwo gbɔgblɔ o.


Nu sia nu si miawɔ la, miwɔe kple amenuveve kple lɔlɔ̃.


Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me.


Migado vlo nyagblɔɖiwo o.


Kpɔ egbɔ be, yewɔ amenuvenunana siwo Mawu na wò to eƒe nyagblɔɖilawo dzi, esi hamemegãwo da asi ɖe dziwò la ŋu dɔ nyuie.


Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu, eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.


Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu, eye nàti dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome.


Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu, eye wògena ɖe mewò la nu, ke nàlé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple ŋutifafa nanɔ mewò, eye nàna hadede kple ame siwo yɔa Aƒetɔ la, eye woƒe dzi me kɔ la, nado dzidzɔ na wò.


Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.


dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu.


Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, megakpɔ nu vloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nàwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu nyui wɔwɔ. Ame sia ame si wɔ nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu vɔ̃ la menya Mawu o.


“Le esia megbe la, àva ɖo Mawu ƒe Gibea, afi si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le. Ne èɖo ta dua me la, àdo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha siwo ɖiɖi tso kɔkɔƒe la gbɔna eye kasaŋkuwo, asiʋuiwo, kpẽwo kple gakasaŋkuwo anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ eye wole nya gblɔm ɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa