Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 13:8 - Agbenya La

8 Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o. Nyagblɔɖiwo katã nu ava yi, afi si aɖe yeye gbɔgblɔ le la atɔ eye afi si sidzedze le la, enu ava yi,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o; Nenye nyagbɔgblɔɖiwo la, woaɖe wo ɖa, nenye gbegbɔgblɔwo la, woadzudzɔ, nenye sidzedze la, woaɖee ɖa.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 13:8
14 Mawu Ofanana  

Ku ɖe Edom ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nunya megale Teman oa? Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia? Ɖe woƒe nunya lé ɣebia?


Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse magabu keŋ o. Ale nenye be èdze si wò vodada, eye nègatrɔ va gbɔnye la, do ŋusẽ nɔviwò mamlɛawo hã, eye nàtu woƒe xɔse ɖe edzi.”


Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo.


Esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye woƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo hegblɔ nya ɖi hã.


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene.


Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo, eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o, eye wònaa ŋusẽ ame bubu siwo hã menya gbe ma o la be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme.


gake ne blibodede va la, ekema nu si mede blibo o la abu ɖa.


Nu etɔ̃e nɔa anyi ɖaa. Esiawoe nye xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃, eye nu si ƒo wo katã ta lae nye lɔlɔ̃.


Eya ta nɔvi xɔsetɔwo, midi vevie be miagblɔ nya ɖi, eye migaxe mɔ na aɖe bubuwo gbɔgblɔ o.


Ne ame aɖe susu be yenya nane la, nenyae be menya nu abe ale si wòle be wòanyae la ene o.


Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me.


Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo, eye nu si tsi, do xoxo la nu ava yi kpuie.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa