Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 12:2 - Agbenya La

2 Miaɖo ŋku edzi be hafi miazu kristotɔwo la, mienye trɔ̃subɔlawo. Mietso legba ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ, eye wolé míaƒe susu hekplɔ mi trae le legba maƒonu siawo gbɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mienyae bena, trɔ̃subɔlawo míenye tsã, eye miena wohe mi yi ɖe trɔ̃ maƒonuwo gbɔ, abe alesi wokplɔ mi ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 12:2
15 Mawu Ofanana  

eya ta nu li na wo, gake womate ŋu aƒo nu o, ŋku li na wo, gake womate ŋu akpɔ nu o;


asi li na wo, gake wometea nu kpɔna o, afɔ li na wo, gake womate ŋu azɔ loo, alo aƒo nu to ve me o.


Nu li na wo, gake womeƒoa nu o, ŋku li na wo gake womekpɔa nu o,


Wotsɔnɛ ɖoa abɔta henɔa yiyim kplii. Wotsɔnɛ ɖoa enɔƒe, eye afi ma ko wònɔa tsitre ɖo. Metea ŋu ɖea zɔ yia teƒe bubu o. Togbɔ be wodoa ɣli nɛ hã la, meɖoa nya ŋu na wo o, eye metea ŋu ɖea wo le woƒe xaxawo me hã o.


Wotsɔa gatagbadzɛ klãnɛ ɖe enɔƒe be magamu o. Woƒe aklamakpakpɛ siwo mate ŋu aƒo nu o la le abe xevi nyanu le adzamatregble me ene. Ele be woakɔ wo, elabena womate ŋu azɔ azɔli o. Migavɔ̃ na wo o; womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke mi alo awɔ nyui aɖeke na mi o.”


Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.”


Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo.


Tsã la, esi mienya Mawu o la, mienye kluvi na nu siwo menye mawuwo tso dzɔdzɔme o la.


elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí.


Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ, eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí, eye míezu kluviwo na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo, eye woawo hã lé fu mí.


Elabena mienya bena menye sika kple klosalo si gblẽna lae wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso agbe vlo si mia fofowo gblẽ ɖi na mi la me o,


Tsã la, miegblẽ ɣeyiɣi geɖe le nu siwo trɔ̃subɔlawo wɔna la me, esiwo nye ahiãwɔwɔ, nudzodzro vɔ̃wo, ahatsunono, nuɖuɖu vivivo, aglotutu vɔ̃wo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa