Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 11:4 - Agbenya La

4 Esia ta menyo be ŋutsu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi o, elabena nuwɔna sia medea bubu eƒe tatɔ Kristo ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke ŋutsu sia ŋutsu, si doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi, eye wòtsyɔ nu ta la, edoa ŋukpe eƒe ta.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 11:4
11 Mawu Ofanana  

David zɔ mɔ si ɖo ta Amito la dzi henɔ avi fam. Etsyɔ nu ta eye wòɖe afɔ ƒuƒlu abe konyifafa ƒe dzesi ene. Eŋumewo hã tsyɔ nu ta henɔ avi fam le esime wonɔ to la liam.


Fia la tsyɔ asi mo, nɔ avi fam henɔ gbɔgblɔm be, “Oo, vinye Absalom, oo, Absalom, vinye, vinye!”


elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o; vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me.


Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo.


Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa?


Nenema ke ne nyɔnu aɖe metsyɔ nu ta hafi le gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome o la, ekema edo ŋukpe gã aɖe srɔ̃a, elabena efia be mebɔbɔ eɖokui na srɔ̃a o.


Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo, eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o, eye wònaa ŋusẽ ame bubu siwo hã menya gbe ma o la be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme.


Nu siawoe nye ɖoƒe siwo Mawu ɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo. Gbãtɔ, apostolowo; evelia, nyagblɔɖilawo; etɔ̃lia, nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, dɔyɔlawo, kpekpeɖeŋunalawo, dɔdzikpɔlawo, ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.


Ne nyagblɔɖi ƒe nunana le asinye, eye nunya katã hã le asinye be mate ŋu ase nu ɣaɣlawo gɔme, eye ne xɔse le asinye be maɖe gbe na towo be woaho, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenyo na naneke o.


Migado vlo nyagblɔɖiwo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa