Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 11:34 - Agbenya La

34 Ne dɔ le ame aɖe wum vevie la, ekema neɖu nu le aƒe me kpoo, ale be eƒe nuwɔna magahe tohehe va edzii o. Nɔviwo, ne meva ɖo mia gbɔ hã, míalé nya mamlɛawo akpɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Ke ne ɖa le amea ɖe wum la, neɖu nu le aƒe me, bene miagava kpe ta hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o. Ke ne meva la, maɖo nusiwo susɔ la.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 11:34
9 Mawu Ofanana  

Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ne mieva be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, milala va se ɖe esime ame sia ame va ƒo ƒu hafi miadze egɔme.


Azɔ la, se siwo le ga si dzɔm miele be yewoaɖo ɖe kristotɔ siwo le Yerusalem ŋu la woe nye esiawo. Se siawo ke mede na hame siwo le Galatia.


Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o.


Mayi Makedonia gbã hafi ava kpɔ mi ɖa, ke manɔ afi ma ɣeyiɣi kpui aɖe ko.


Esia tututu ta mele Timoteo ɖom ɖe mi be wòava kpe ɖe mia ŋu. Eya hã nye ame siwo mehe va Kristo Yesu gbɔ la dometɔ ɖeka eye enye vinye lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla vavã le Aƒetɔ la me. Timoteo sia agaɖo ŋku nu siwo katã mefiana le hawo katã me la dzi na mi.


Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie eye nyemegbɔna be mava nya nu siwo gblɔm dadala siawo le la ɖeɖe ko o, ke boŋ be manya afi si wokpɔ ŋusẽ hã tsoe hafi le nyawo gblɔm.


Le esiawo katã wɔwɔ me la, ame sia ame nakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me, eye nu sia nu si Mawu na ame aɖe la, wòaxɔe kple dzi faa. Hamewo katã nawɔ ɖe sedede vevi siawo dzi.


Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye be nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo, eye nàɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wò ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa