1 Korintotɔwo 11:16 - Agbenya La16 Nyemedi be ame aɖeke nanɔ nya hem le nu sia ŋu fũu o, elabena nu si ko fiam míele lae nye be ele be nyɔnu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo ne wòle nya gblɔm ɖi le amewo dome. Mawu ƒe hame bubuawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191316 Ke ne enyo amea ɖe ŋu be, yeanye dzretɔ la, gake miaƒe nuwɔnawo mele nenem o, eye Mawu ƒe hameawo hã nenema ke. Onani mutuwo |
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.