Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 10:6 - Agbenya La

6 Ele be míasrɔ̃ nu tso esia me be míawo hã míagatsi nu vɔ̃ɖiwo yome abe mía tɔgbuiwo ene eye míagasubɔ legbawo abe ale si wowɔ ene o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke nusiawo zu kpɔdeŋu na mí, bene miaganyenu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe alesi wòdzro ame mawo ene la o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 10:6
12 Mawu Ofanana  

Nuɖuɖu bubuwo de asi yakame siwo le wo dome la dzodzro me, eye Israelviwo gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me hegblɔna be, “Ne míakpɔ lã aɖu ko!


Gake ku ɖu fia tso Adam ƒe ɣeyiɣiwo dzi va se ɖe Mose ƒe ɣeyiɣiwo dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe sedzimawɔmawɔ o la dzi, ame si nye ame si gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu.


Nu siawo katã dzɔ ɖe wo dzi be wòanye kpɔɖeŋu kple nusɔsrɔ̃ na mí, ale be míawo hã míagawɔ nu siawo ƒomevi o. Woŋlɔ wo da ɖi na mí be míaxlẽ, ale be míasrɔ̃ nu tso eme le ɣeyiɣi siawo me esi xexea me ƒe nuwuwu tu aƒe.


Eya ta mina míadze agbagba ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma me, eye be ame aɖeke magatsi mɔta to tomaɖomaɖo me abe ŋgɔdoawo ene o.


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe


Ke tsiɖɔɖɔ la nye mawutsideta si miexɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi, ke menye ɖikɔklɔ le ŋutigbalẽ ŋu wònye o, ke boŋ adzɔgbeɖeɖe be woatsɔ dzitsinya nyui atrɔ ɖe Mawu ŋu. Mawu sia ɖe mi to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


ne ebu fɔ Sodom kple Gomora duawo hena dzo fia wo, wozu afi, eye wòtsɔ wo wɔ kpɔɖeŋu na nu si adzɔ ɖe mawumavɔ̃lawo dzi;


Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa