Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 10:18 - Agbenya La

18 Nenema ke le Israelviwo dome hã la, ame siwo katã ɖua vɔsalẽvi la ƒe ɖe la zua ame ɖeka.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Mikpɔ ŋutilãnu Israel ɖa! Menye amesiwo ɖua vɔsawo la, nye vɔsamlekpui la ƒe hadelawo oa?

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 10:18
18 Mawu Ofanana  

Nunɔla la atɔ dzo nu siawo le vɔsamlekpui la dzi wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa.


Ŋutsu siwo tso nunɔlawo ƒe ƒome me la koe aɖu lã la ƒe mamlɛa. Woaɖui le teƒe kɔkɔe aɖe, elabena vɔsa kɔkɔe wònye.


“Se siawo kee le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa siaa ŋu. Woatsɔ lã la ƒe mamlɛa ana nunɔla si wɔ avulévɔsa la wòanye eƒe nuɖuɖu.


tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu.


Azɔ nu ka gblɔ ge míala tso mía tɔgbui Abraham, ame si ƒe ŋutinya míese le nya sia me la ŋuti?


Abraham ganye ame siwo katã wotso aʋa na la fofo, ame siwo mexɔ aʋatsotso ɖeɖe ko o, ke boŋ wonɔ agbe le xɔse me abe ale si mía fofo Abraham hã nɔ agbee hafi wotso aʋa nɛ ene.


Nɔviwo, ɖe mienya be Mawu ŋutɔ ɖe mɔ na ame siwo nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me be woatsɔ nunana siwo amewo tsɔ vɛ na Mawu la ƒe ɖe awɔ wo ŋu dɔ faa oa? Ame siwo hã wɔa dɔ le Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋu la ɖua nu siwo amewo tsɔ vɛ be yewoatsɔ sa vɔe na Mawu la ƒe ɖe faa.


Mawu ƒe ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kple ame siwo katã wɔa se sia dzi, eye woanɔ anyi kple Mawu ƒe Israel la hã.


“Migaɖu miaƒe bli, ano wain yeye, alo ami ƒe ewolia o, miaƒe alẽha alo nyiha ƒe ŋgɔgbeviwo kple nu sia nu si mieɖe adzɔgbe be miana, lɔlɔ̃nununana loo alo nunana tɔxɛwo le mia ŋutɔwo ƒe du me o.


Vɔsamlekpui aɖe le mia si; nunɔla siwo subɔna le Agbadɔ me gɔ̃ hã mekpɔ mɔ aɖu nu si tso vɔsamlekpui sia dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa