Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 10:13 - Agbenya La

13 Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 10:13
48 Mawu Ofanana  

Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene; mɔka la tso, eye míesi dzo.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o, ne menye nenema o la, ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii.


O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ kɔ ɖatɔ dziƒowo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ tɔ dziŋgɔli ke.


gake nyemaxɔ nye lɔlɔ̃ le esi, alo ada le nye nuteƒewɔwɔ dzi o.


Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’


Dzɔdzɔenyenye anye eƒe alidziblaka, eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito.


O! Yehowa, wòe nye nye Mawu. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi, eye makafu wò, elabena wò nuteƒewɔwɔ de blibo. Èwɔ nu dzɔtsuwo, nu siwo nèɖo ɖi tso blema ke.


Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na dziɖulawo ƒe dɔla be, “Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre. Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu na Yehowa nuteƒewɔla, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”


“Ne èke duɖime kple amegbetɔwo kple afɔ eye nu te ŋuwò la, aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo? Ne èle nu klim le anyigba si dzi kɔ nyuie dzi la, aleke nàhawɔ le Yɔdan ƒe avekawo me?


Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi.


Wozua yeye ŋdi sia ŋdi, wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ.


Ne woda mí ɖo ɖe kpodzoa me la, Mawu si míesubɔna la ate ŋu aɖe mí tso eme eye wòaɖe mí tso wò asi me, O fia.


Mabla wò le anukwareɖiɖi me ɖe ɖokuinye ŋu, eye àva nya Yehowa wu tsã.”


Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.’


tsɔ mìaƒe nu vɔ̃wo ke mí le, esi míetsɔ ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la tɔwo ke wo ta, eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’ ”


Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe gã aɖe le mí kpli wò dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se, eye ame aɖeke hã mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.’


Yesu gblɔ na wo be, “Alɔ̃ dɔm mielea? Mifɔ kaba! Mido gbe ɖa be miaɖu tetekpɔwo dzi.”


Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi, eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze agbagba alea ɖo gota dedie.


Mawu ame si yɔ mi be miabɔ ha kple via Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, nuteƒewɔlae wònye.


Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe me, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa.


Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi.


Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi, eya ta awɔe ade goe.


Aƒetɔ la, nuteƒewɔla wònye, eya ta ado ŋusẽ mi, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ ƒe fuwɔame ɖe sia ɖe me.


Ɛ̃, Aƒetɔ la aɖem ɣe sia ɣi tso vɔ̃wo katã me, eye wòakplɔm ayi eƒe dziƒofiaɖuƒe la me. Ŋutikɔkɔe woana Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.


Mina míalé mɔkpɔkpɔ si me míeʋu la me ɖe asi maʋamaʋãe, elabena ame si do ŋugbea la nye nuteƒewɔla.


To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema kee nye srɔ̃a Sara hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo, elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae.


Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ si me la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o.


Mawu wɔ esia, ale be to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, mí ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si wona mí la ŋu la nakpɔ dzideƒo gã aɖe.


Eya ta ame siwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la netsɔ wo ɖokuiwo de asi na wo Wɔla nuteƒetɔwɔla la, eye woayi nu nyui wɔwɔ dzi.


Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo me, eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi.


Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.


Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me.


Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.


Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexea me katã dzi, be woado anyigbadzinɔlawo kpɔ la me.


Mifɔ ŋdi kanya eye miadzo ne agu dze ko.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa