Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 10:1 - Agbenya La

1 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le blema la be o. Mawu na lilikpo nɔ ŋgɔ na wo, eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Elabena nyemele didim be, miaganyae o, noviwò, bena mía fofowo katã nɔ alilikpo la te, eye wo katã woto ƒu la me,

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 10:1
29 Mawu Ofanana  

ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me.


Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene, eye wòna dzo wo be wòanye akaɖi na wo le zã me.


Etrɔ atsiaƒu wòzu anyigba ƒuƒui, wozɔ afɔ to tsi la titina; miva míatso aseye le eya amea me.


Ekplɔ wo le dedinɔnɔ me, ale be womevɔ̃ o, gake ƒu la tsyɔ woƒe futɔwo dzi.


Israelviwo zɔ anyigba ƒuƒui dzi hetso ƒu la, esime tsi la trɔ zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame.


Tete lilikpo la tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ eme.


Wogblɔ nya sia na anyigba sia dzi nɔlawo, eye wonya nyuie be, wò Yehowa nèle Israel dzi, eye nèƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume. Wokpɔa lilikpo dodo la kple dzo bibi la wonɔa mía tame. Wonya be èkplɔa mí, eye nèkpɔa mía ta le ŋkeke me kple zã me siaa.


Tso afi sia la, woto Ƒu Dzĩ la titina. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖo Etam gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Mara.


Nu ka ta mi Yudatɔwo miegblɔna be Yerusalem kokoko wòle be woasubɔ Mawu le, evɔ mí Samariatɔwo hã míebe ele be woasubɔ Mawu le to sia dzi, elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔ Mawu le?”


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa, ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome, eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome ene, gake esia mete ŋu dze edzi o.


Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na atilɔ gbãtɔwo o la, makpɔ nublanui na miawo hã o.


Exɔ aʋatsotso si nye eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu ƒe dzesi si wòxɔ la esime wometso aʋa nɛ o. Esia ta Abraham nye ame siwo katã xɔ se, gake wometso aʋa na wo o la fofo, be woabui na wo dzɔdzɔenyenyee.


Azɔ la, nɔviwo, medi be maŋlɔ nu na mi tso nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu, elabena nyemedi be nugɔmemasemase aɖeke nanɔ wo ŋu o.


Gake ne ame aɖe gbe nya siawo xɔxɔ kokoko la, migblẽe ɖe eƒe numanyamanya me.


Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu.


evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me.


To xɔse me Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la abe anyigba ƒuƒui dzie wozɔ ene, gake esi Egiptetɔwo hã dze agbagba be yewoawɔ nenema la, wo katã tsi Ƒu Dzĩ la me.


Migblɔ ale si Yehowa, míaƒe Mawu la na tɔsisi la mie le mía ŋkume, eye wòna wònɔ miemie nenema va se ɖe esime mí katã míetso tɔsisi la! Nenema tututue Yehowa wɔ na mi esi mieva ɖo Ƒu Dzĩ la to ƒe blaene nye esi va yi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa