1 Korintotɔwo 1:5 - Agbenya La5 Ena be míegbã go le nu sia nu me le nuƒoƒo kple nunya siaa me, Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19135 bena miezu kesinɔtɔwo le nusianu me le eyama me, le nufiafia katã kple sidzedze katã me, Onani mutuwo |
Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo, eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o, eye wònaa ŋusẽ ame bubu siwo hã menya gbe ma o la be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme.
Azɔ la nɔviwo, nu kae míagagblɔ? Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nae alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame, eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me.